Luke 4:18 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, eya ta wosi ami nam ɖo, edɔm ɖa be magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa be maɖe gbeƒã be woaɖe ga aboyomenɔlawo, eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖeanyilawo si me,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, le esi ta wosi ami nam ɖo, bena magblɔ Nyanyuie afia ame dahewo, edɔm, bena mayɔ dɔ amesiwo ƒe dzi gbã,
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye, elabe esi ami nam, be magblɔ Nyanyui la na ame dahewo. Edɔm ɖa be maɖe gbeƒã na aboyomenɔlawo, be woɖe wo le ga me; na ŋkunɔwo, be woʋu ŋku na wo; na ame siwo wote ɖe anyi la, be wokpɔ ablɔɖe,
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Aƒetɔ la ƒe Gbɔgbɔ le dzinye eya ta wosi ami nam ɖo, edɔm ɖa bena magblɔ nyanyui la na ame dahewo, edɔm ɖa bena maɖe gbeƒã be woaɖe ga aboyomenɔlawo eye ŋkunɔwo ƒe ŋkuwo aʋu. Ame siwo wote ɖe anyi la, ado le wo teɖanyilawo sime,