Luke 4:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wòxlẽ nya siawo vɔ la, etu agbalẽa, tsɔe na dɔla la, eye eya ŋutɔ yi ɖanɔ anyi. Ke ame siwo katã nɔ ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi gãa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòtu agbalẽa la, etsɔe na dɔla la, eye wòbɔbɔ nɔ anyi, eye amesiwo katã le ƒuƒoƒea la, fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu tu agbalẽ la, eye wòtsɔe de dɔla la si hebɔbɔ nɔ anyi. Ame siwo katã le ƒuƒoƒea fɔ ŋku ɖe edzi dzoɣlii.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wòxlẽ nya siawo vɔ la, etu agbalẽa tsɔe na ame si tsɔe nɛ la eye eya ŋutɔ yi ɖanɔ anyi. Ke ame siwo katã nɔ ƒuƒoƒea la fɔ ŋku ɖe edzi gãa.