Luke 4:22 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui, eye woƒe mo wɔ yaa le amenuvevenya siwo wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye esia? Alo menye Yosef vie oa?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ameawo katã ɖi ɖase nɛ, eye woƒe mo wo yaa le amenuvevenya, siwo do go tso eƒe nu me lã ŋuti, eye wogblɔ bena: Alo amesia la menye Yosef vie o ɖe?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ameawo katã ƒo nu nyui le Yesu ŋuti, eye amenuvenya siwo do go tso eƒe nu me la wɔ nuku na wo. Wobia be, “Menye Yosef vi lae nye esia oa?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame siwo katã nɔ xɔa me la kafui eye woƒe mo wɔ yaa le mawunya deto siwo wògblɔ la ta. Wobia wo nɔewo be, “Nya kae nye sia? Alo menye Yosef vie oa?”