Luke 4:31 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu trɔ yi Kapernaum si nye du aɖe si le Galilea nuto me la me, eye le afi sia egblɔ mawunya na amewo le Dzudzɔgbe ŋkeke ɖe sia ɖe dzi le woƒe ƒuƒoƒewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòɖi va Kapernaum, si nye Galilea-du la me. Eye wòle nu fiam wo le Sabat-ŋkeke dzi;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu yi ɖe Kapernaum si nye du aɖe le Galilea-nyigba dzi la me, eye wòfia nu le Dzudzɔgbewo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu trɔ yi Kapernaum si nye du aɖe si le Galilea nutome la me eye le afi sia egblɔ mawunya na amewo le Sabat ŋkeke ɖe sia ɖe dzi le wo ƒe ƒuƒoƒewo.