Luke 4:35 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu blu ɖe eta gblɔ be, “Zi ɖoɖoe!” Azɔ egblɔ na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Do go le ame sia me!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la tsɔ ŋutsua xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, ameha la ƒo zi ɖe eŋu henɔ ekpɔm. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le amea me, eye megawɔ nu vevi aɖekee o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesu wo ɖe eta gblɔ bena: Mia wò nu, eye naɖo go le eme! Eye esi Abosam la tsoe xlã ɖe titina la, eɖo go le eme, eye mewo nu ve-via ɖekee o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu blu ɖe gbɔgbɔ la ta gblɔ nɛ be: “Zi ɖoɖoe, eye nàdo go le eme!” Esi gbɔgbɔ la ƒo ŋutsua ƒu anyi le ameawo ŋkume la, edo go le eme, eye mewɔ nu vevi aɖekee o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu tso nya la le enu be, “Zi ɖoɖoe!” Azɔ egblɔ na gbɔgbɔ vɔ̃ la be, “Do go le ame sia me!” Gbɔgbɔ vɔ̃ la tsɔ ŋutsua xlã ɖe anyi ŋɔdzitɔe, ameha la ƒo zi ɖe eŋu henɔ ekpɔm. Ke gbɔgbɔ vɔ̃ la do go le amea me eye megawɔ nuvevi aɖekee o.