Luke 4:39 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu yi ɖatsi tsitre ɖe dɔnɔa ƒe aba gbɔ, eye wòɖe gbe na dɔlélea be wòaɖe asi le eŋu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnu la ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake, eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtso yi ɖaɖa nu va ɖo woƒe akɔme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòtsi tre bi ɖe edzi la, ewo ɖe ŋudza la ta, eye wòdzo le edzi; ke etsi tre enumake, eye wòsubɔ wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu tsi tsitre, bi ɖe edzi, eye wònyra ɖe asrã la. Tete asrã la kɔ́ le edzi enumake, eye Simon lɔ̃xo fɔ hewɔ amedzro na wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu yi ɖatsi tre ɖe dɔnɔa ƒe aba gbɔ eye wòɖe gbe na dɔlélea be wòaɖe asi le eŋu. Dzoxɔxɔ sesẽ si nɔ nyɔnua ƒe lãme la nu bɔbɔ enumake eye eƒe lãme sẽ. Ale wòtsi tre heyi ɖaɖa nu na wo.