Luke 4:41 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gbɔgbɔ vɔ̃ tɔ aɖewo hã nɔ ameawo dome, ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ siawo be woado go le ameawo me, eye wodo go le eƒe nya nu henɔ ɣli dom be, “Wòe nye Mawu Vi la.” Esi Yesu kpɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo nya be yee nye Kristo la, eɖe gbe na wo be woazi ɖoɖoe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye gbɔgbɔ vɔ̃wo hã do go le ame geɖewo me, eye wole ɣli dom le gbɔgblɔm bena: Wòe nye Mawu ƒe Vi la. Eye wòwona ɖe wo ta, eye mena mo wo be, woaƒo nu o, elabena wonyae bena, eyae nye Kristo la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbɔgbɔ makɔmakɔwo hã do go le ame geɖewo me kple ɣli be: “Wòe nye Mawu Vi la!” Ke Yesu gbe nya na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye meɖe mɔ na wo be woaƒo nu o, elabe wodze sii be eyae nye Kristo la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gbɔgbɔ vɔ̃tɔ aɖewo hã nɔ ameawo dome, ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃ siawo be woado go le ameawo me eye wodo go le eƒe nya nu henɔ ɣli dom be, “Wòe nye Mawu Vi la.” Esi Yesu kpɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo nya be yee nye Kristo la, eɖe gbe na wo be woazi ɖoɖoe.