Luke 4:42 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ŋkeke evea gbe ƒe ŋdi kanyaa la, efɔ, eye wòɖe eɖokui ɖe aga. Ameha la dii vevie le teƒe geɖewo, eye esi wova ke ɖe eŋu mlɔeba la, woɖe kuku nɛ be megadzo o, ke boŋ wòanɔ yewo gbɔ le Kapernaum.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi ŋu eke la, edo go heyi gbedzi, eye amehawo dii, eye wova egbɔ, eye wosikae ɖi, bena megadzo le yewo gbɔ o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ŋu ke la, Yesu dzo yi teƒe ziɖoɖoe aɖe, ke amewo dii va ke ɖe eŋu, eye wodi be wòatsi yewo gbɔ hafi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ŋkeke evea gbe ƒe ŋdi kanyaa la, efɔ yi ɖe gbe dzi. Ameha la dii vevie le teƒe geɖewo eye esi wova ke ɖe eŋu mlɔeba la, woɖe kuku nɛ be megadzo o, ke boŋ wòanɔ yewo gbɔ le Kapernaum.