Luke 4:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye wògblɔ na Yesu be, “Wòe matsɔ ŋusẽ sia katã kple ŋutikɔkɔe ana; elabena tɔnyewoe, eye mate ŋu atsɔ wo na ame sia ame si melɔ̃.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Abosam gblɔ ne bena: Wòe matsɔ ŋusẽ sia katã kple woƒe ŋutikɔkɔe ana; elabena nyee wotsɔe de asi na, eye matsɔe ana amesi ke melɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ nɛ be: “Matsɔ ŋusẽ sia kple woƒe ŋutikɔkɔe katã ana wò, elabe wotsɔe de asi nam, eye mate ŋu atsɔe ana ame sia ame si nye ŋutɔ melɔ̃ la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
eye wògblɔ na Yesu be, “Dukɔ nyui siawo katã kple woƒe ŋutikɔkɔewo nye tɔnye eye mate ŋu atsɔe na ame sia ame si melɔ̃.