Luke 5:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ Yesu de se nɛ be, “Mègagblɔ nu sia na ame aɖeke o, ke boŋ yi nàtsɔ ɖokuiwò fia nunɔla la, eye nàna vɔsanu siwo Mose ɖo ɖi na ameŋukɔkɔ abe ɖaseɖiɖi na wo ene.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòde se nɛ be: Megagblɔe na amea ɖeke o, ke boŋ heyi ɖatsɔ ɖokuiwò fia nunɔla, eye namè nu le wò ŋutikɔklɔ la ŋuti, ɖe alesi Mose de se la nu, wòanye ɖaseɖiɖi na wo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu de se nɛ gblɔ be: “Mègagblɔe na ame aɖeke o. Heyi nàtsɔ ɖokuiwò fia nunɔla, eye nàna wò nunana abe ale si Mose bia la ene, atsɔ afia amewo be ŋutiwò kɔ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ Yesu de se nɛ be megagblɔe na ame aɖeke o, ke boŋ neyi Yudatɔwo ƒe osɔfo gbɔ. Egblɔ kpe ɖe eŋu be, “Yi nãna vɔsanu si ame siwo haya tso kpodɔléle me la nana le Mose ƒe sea nu. Esia afia ame sia ame be èkpɔ dɔyɔyɔ vavã.”"