Luke 5:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yesu dzo le du sia me yina la, ekpɔ dugadzɔla aɖe si ame sia ame nya nyuie le eƒe amebaba ta. Dugadzɔla sia ŋkɔe nye Levi eye wònɔ anyi ɖe dugadzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nàzu nye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nusiawo megbe la edo go, eye wòkpɔ nudzɔlaa ɖe, eŋkɔ enye Lewi, le anyinɔƒe le nudzɔƒe, eye wògblɔ nɛ bena: Dze yonyeme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le nu siawo megbe la, Yesu do go, eye wòkpɔ nudzɔla aɖe si ŋkɔe nye Levi, wòbɔbɔ nɔ asidzɔƒe. Yesu gblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Yesu dzo le du sia me yina la, ekpɔ nudzɔla aɖe si ame sia ame nya nyuie le eƒe amebaba ta. Nudzɔla sia ŋkɔe nye Levi eye wònɔ anyi ɖe agbadɔ aɖe te nɔ nu dzɔm. Yesu gblɔ nɛ be, “Va dze yonyeme ne nãzu nye nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka.”