Luke 5:3 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me, eye wògblɔ na Simɔn ame si tɔ nye ʋua be wòakui tso go ŋu ayi tsia dzi vie. Esi wòbɔbɔ nɔ eme la, efia nu ameha la tso afi ma.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi woge ɖe ʋu ɖeka, si enye Simon tɔ me la, eɖe kuku nɛ be, wòatee ayii atso go ŋu ʋee. Eye esi wòbɔbɔ nɔ ʋua me la, efiã nu ɖo ɖe amehawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu ge ɖe ʋua ɖeka, si nye Simon tɔ la me, eye wòbia tso esi be wòaku ye ate ɖa tso go ŋui ʋɛ. Yesu bɔbɔ nɔ tɔdziʋua me, eye wòfia nu ameha la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu yi ɖage ɖe ʋua ɖeka me eye wògblɔ na Simɔn, ame si tɔ nye ʋua, be woakui ayi tsia dzi vie bena yeanɔ eme afia nu ameha la tso afi ma.