Luke 6:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Etsa ŋku le wo katã dzi ɖekaɖeka, eye wògblɔ na ŋutsua be, “Dzɔ wò asi.” Edzɔ asia kasia eƒe asi gaɖɔ ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòkpɔ wo katã godoo hegblɔ nɛ bena: Mlo wò asi! Eye wòwɔe, eye eƒe asi la gaɖɔ ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu tsa ŋku le ameawo katã dzi godoo hegblɔ na amea be: “Mlo asi.” Ŋutsua mlo eƒe asi, tete asia ɖɔ ɖo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Etsa ŋku le wo katã dzi ɖeka, ɖeka eye wògblɔ na ŋutsua be, “Azɔ dzɔ wò asi.” Edzɔ asia, kasia eƒe asi gaɖɔ ɖo.