Luke 6:21 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo wum dɔ le la lalam, elabena miawoe aɖi ƒo. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi ame siwo le avi fam fifia la lalam, elabena ɣeyiɣi gbɔna esi miava ko nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woayra mi, amesiwo dɔ le mia wum azɔ la, elabena míaɖi ƒo. Woayra mi, amesiwo le avi fam azɔ la, elabena miako nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woyra mi ame siwo dɔ le wuwum fifia la, elabe miaɖi ƒo! Woyra mi ame siwo le avi fam fifia la, elabe miako nu!
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi, ame siwo wum dɔ le la lalam elabena miawoe aɖi ƒo. Dzidzɔ gã ŋutɔ le mi, ame siwo le avi fam fifia la lalam elabena ɣeyiɣi gbɔna esi miava ko nu.