Luke 6:34 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ne miedoa ga na ame siwo miele mɔ kpɔm na be woagaxee na mi emegbe ɖe, nu nyui kae wònye miewɔ? Nu vɔ̃ɖi wɔla akuakuawo hã doa nu na wo tɔ nu vɔ̃ɖi wɔlawo be yewoaxɔ nenema ke emegbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ne mieɖo nu na amesiwo miele mɔ kpɔm na be, woagaxee na mi la, akpedada kae li na mi? Nuvɔ̃wɔlawo hã ɖoa nu na nuvɔ̃wɔlawo, be woagakpɔ nenema nu ke.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne miedo nu na ame siwo miele mɔ kpɔm na be woava xee ɖe eteƒe na mi la, akpe aɖe li woada na mia? nuvɔ̃wɔlawo gɔ̃ hã doa nu na wo nɔewo bene woaxee ɖe eteƒe na yewo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne miedoa ga na ame siwo ko ate ŋu akpɔe axe na mi emegbe ɖe, nu nyui kae wònye miewɔ? Nu vɔ̃ɖi wɔla akuakuawo hã doa nu na wo tɔ nu vɔ̃ɖi wɔlawo bena yewoaxɔ nenema ke emegbe.”