Luke 6:38 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mina nu, eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔ wo vɛ na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena, eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
mina, eye woana mi, dzidzenu nyui, si wote, eye woʋuʋu wògbã go la, woatsɔ aɖo miaƒe akɔ; elabena dzidzenu, si mietsɔ dzidze la, eya ke woatsɔ adzidze na miawo hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Mina nu ame, ekema Mawu hã ana nu mi. Nudzidzenu nyui, si woʋuʋu, hetee, wòyɔ gbagba lae woatsɔ adoe akɔ ɖe nu me na mi. Elabe nudzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee Mawu atsɔ adzidze nui na mi.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mina nu eye woana nu miawo hã. Nu siwo katã miena la, woatrɔe vɛ na mi woasɔ gbɔ agbã go sãa wu esi sinu miena eye woatsɔe aɖo akɔ na mi. Dzidzenu si mietsɔ dzidze nui na amewo la, eya kee woatsɔ dzidze nui na miawo hã.”