Luke 6:42 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Aleke wɔ nàgblɔ na nɔviwò be, ‘Nɔvi, na maɖe ati fefi si le wò ŋku dzi la ɖa na wò,’ esi màte ŋu akpɔ gãa si le wò ŋutɔ wò ŋkuwo dzi aɖe o? Alakpanuwɔla, ɖe atikpo si le wò ŋku dzi la ɖa gbã ekema àte ŋu akpɔ nu nyuie, ale be nàte ŋu aɖe nɔviwò ƒe ati fefi la ɖa nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aleke lawɔ nate ŋu agblɔ na nɔviwò bena: Nɔvinye, na mɔm, ne maɖe ati fefee, si le wò ŋku me, esi wò ŋutɔ mèkpɔ atikpo, si le wò ŋku me la o mahã? Alakpatɔ, ɖe atikpo la le wò ŋku me gbã, eye ekema nakpɔ nyuie be, naɖe ati fefee, si le nɔviwò ƒe ŋku me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale ke lawɔ nàte ŋu agblɔ na nɔviwò be: ‘Nɔvi, na maɖe ati fefee la le ŋku dzi na wò, esi mèle atikpo si le wò ŋutɔ wò ŋku dzi ya kpɔm o? Wò alakpatɔ, ɖe atikpoa ɖa le wò ŋutɔ wò ŋku dzi gbã, ekema àkpɔ nu nyuie, ate ŋu aɖe ati fefee la ɖa le ŋku dzi na nɔviwò.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ale ke wɔ nãgblɔ na nɔviwò be, ‘Nɔvi, na maɖe ati fefee si le wò ŋku dzi la ɖa na wò, esi mate ŋu akpɔ gã si le wò ŋutɔ wò ŋkuwo dzi aɖe o? Alakpanuwɔla! Đe atikpo si le wò ŋku dzi la ɖa gbã, ekema ɖewohĩ ãte ŋu akpɔ nu nyuie ale be nãte ŋu aɖe nɔviwò ƒe ati fefee la ɖa nɛ.