Luke 6:45 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame nyui ƒe nuƒo fiana be nu nyui wɔwɔ yɔ eƒe dzi me. Ke ame vɔ̃ɖi ya ƒe dzi me yɔna fũu kple nu vɔ̃, eye eƒe nuƒo ɖea vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sia fiana.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ame nyui la ɖea nu nyui doa go tsoa eƒe dzi ƒe nu nyui dzraɖoƒe; eye ame vɔ̃ɖi la ɖea nu vɔ̃ɖi doa go tsoa eƒe nu vɔ̃ɖi dzraɖoƒe; elabena nya, si, ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame nyui la, nu nyui siwo wòdzra ɖo ɖe eƒe dzime la mee wòɖea nu nyuiwo ɖe go tsonɛ, ke ame vɔ̃ɖi la, nu baɖa siwo wòdzra ɖo ɖe eƒe dzime la mee wòɖea nuvɔ̃ɖiwo ɖe go tsonɛ. Elabe nu si yɔ ame ƒe dzime taŋ lae eƒe nu gblɔna.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame ɖɔʋu la, nu nyui wɔwɔ doa go tso eƒe dzi dzadzɛ me eye ame maɖɔʋu la, nu vɔ̃ koe doa go tso eƒe dzi vɔ̃ɖi la me. Elabena, nu si le ame aɖe ƒe dzi me lae doa go tsoa eƒe nu me.