Luke 6:49 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke ame si sea nye nya, eye mewɔna ɖe edzi o la le abe ame aɖe si tu eƒe xɔ ɖe anyigba, eye meɖo gɔmeɖokpe nɛ o la ene. Esi tsi dza ɖɔ ɖe eŋu la, xɔ sia mu gbloo, hegbã gudugudu.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amesi senɛ, eye mewɔa edzi o la, eɖi amea ɖe, si tu xɔ ɖe anyigba, eye meɖo egɔme anyi o, eye tɔsisi ƒo ɖe eŋu, eye wòmu enumake, eye xɔ ma ƒe atidzedze ɖi gblo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ame si se nye nyawo, eye mewɔ wo dzi o la, le abe ame aɖe, si tu eƒe xɔ ɖe ke me, eye gɔmeɖoɖo meli nɛ o la ene. Esi tɔ ɖɔ va lɔ xɔa la, emu enumake dze anyi hekaka keŋkeŋ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Ke ame siwo sea nye nya eye womewɔna ɖe edzi o la, le abe ame aɖe si tu eƒe xɔ ɖe anyigba eye meɖo gɔmeɖokpe nɛ o la ene. Esi tsi dza ɖɔ ɖe eŋu la, xɔ sia mu gbloo, hegbã gudugudu.”