Luke 6:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu nya nu si bum ame siawo nɔ xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, “Tso va nɔ tsitre ɖe afii be ame sia ame nakpɔ wò.” Ŋutsu la tso ɖe tsitrenu abe ale si wògblɔ nɛ ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke enya woƒe tamesusuwo, eye wògblɔ na ŋutsu, si titi lé asi na la bena: Tso, eye natsi tre ɖe titina. Eye wòtso ɖe tsitrenu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu dze si woƒe susu, eye wògblɔ na ame si siti lé asi na la be: “Va tsi tsitre ɖe afii.” Etso, eye wòyi ɖatsi tsitre ɖi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu nya nu si bum ame siawo nɔ xoxoxo, gake egblɔ na ŋutsua be, “Va nɔ afii bena ame sia ame nakpɔ wò.” Ŋutsua wɔ abe ale si wògblɔ nɛ ene.