Luke 6:9 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ Yesu trɔ ɖe Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gbɔ, eye wògblɔ na wo be, “Biabia aɖe le asinye na mi. Ɖe woɖe mɔ be woawɔ nyui le Dzudzɔgbe ŋkekea dzi loo alo woawɔ vɔ̃a? Enyo be woaxɔ ame ɖe agbe loo alo woawuia?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesu gblɔ na wo bena: Mabia mi: Ɖe woɖe mɔ be, woawɔ nu nyui alo woawɔ nuvɔ̃ le Sabat dzi, be woaɖe agbe alo woatsrɔ̃e mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ na ameawo be: “Mabia mi se. Ele sea nu be le Dzudzɔgbe la, woawɔ nu nyui loo, alo woawɔ nuvɔ̃ɖia? Woɖe mɔ be woaxɔ ame ɖe agbe loo, alo woana wòatsrɔ̃a?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ Yesu trɔ ɖe Farisitɔwo kple agbalẽfialawo gbɔ eye wògblɔ na wo be, “Biabia aɖe le asinye na mi. Enyo be woawɔ nyui le Sabat ŋkekea dzi loo alo woawɔ vɔ̃a? Enyo be woaxɔ ame ɖe agbe loo alo woawuia?”