Luke 7:22 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eya ta eɖo eŋu na ame dɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes be ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye kpodɔlélawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesu ɖo eŋu gblɔ na wo bena: Miheyi ɖagblɔ nusi miekpɔ kple nusi miese la, fia Yohanes bena: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm; tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyuie la gblɔm fia ame dahewo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu ɖo eŋu na Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo be: “Miheyi ɖagblɔ nu siwo miekpɔ kple nu siwo miese la na Yohanes: ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, kpodɔlelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre, eye wole Nyanyui la gblɔm na ame dahewo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eya ta eɖo ŋu na amedɔdɔawo be, “Miheyi ɖagblɔ nu si miekpɔ kple nu si miese la fia Yohanes bena, Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm, tekunɔwo le azɔli zɔm, eye anyidzelawo ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem, ame kukuwo le tsitre tsim, eye wole nyanyui la gblɔm na ame dahewo.