Luke 7:26 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ekema nu ka miedo go ɖakpɔ? Nyagblɔɖila aɖea? Ɛ̃, gake mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila gɔ̃ hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ekema nuka gɔ̃ kpɔ ge miedo go yie? Nyagblɔɖilaea? Ẽ, mele egblɔm na mi bena: Ewu nyagblɔɖila hã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nu ka gɔ̃ miedo go yi be yewoaɖakpɔ? Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖe yea? Ẽ, magblɔe na mi, ame si miekpɔ la wú Mawu ƒe gbeƒãɖela gɔ̃ hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ekema ame ka ƒomevi tututue mieyi be yewoakpɔ? Nyagblɔɖilaa? Vavã miekpɔe! Le nyateƒe me la, ame si miekpɔ la wu nyagblɔɖila gɔ̃ hã.