Luke 7:39 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Farisitɔ si kpe Yesu la kpɔ nu si nɔ edzi yim, eye esi wòdze si ame si ƒomevi nyɔnu sia nye ta la, egblɔ le eɖokui me be, “Esia fia be Yesu menye nyagblɔɖila aɖeke o, elabena nenye be Mawue dɔe vavã la, anya ame si ƒomevi nyɔnu sia nye; elabena nu vɔ̃ wɔla wònye.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi farisitɔ, si kpee la, kpɔ esia la, egblɔ le ye ŋutɔ ɖokui me bena: Ɖe amesia nye nyagblɔɖila la, anya amesi kple amesi ƒomevi nye nyɔnu sia, si le asi dem eŋu; elabena nuvɔ̃wɔla wònye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Farisitɔ si kpe Yesu va nuɖuƒea kpɔ esia la, egblɔ le eɖokui me be: “Ɖe wònye Mawu ƒe gbeƒãɖelae nye ame sia la, anye ne adze sii be nyɔnu sia, si le asi kam ye ŋu la, nuvɔ̃wɔla wònye.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Farisitɔ si kpe Yesu la kpɔ nu si nɔ edzi yim eye esi wòdze si ame si ƒomevi nyɔnu sia nye ta la, egblɔ le eɖokui me be, “Esia fia be Yesu menye nyagblɔɖila aɖeke o, elabena nenye be Mawue dɔe vavã la, anya ame si ƒomevi nyɔnu sia nye.”