Luke 7:44 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnu la ŋu, eye wògblɔ na Simɔn be, “Èle nyɔnu sia kpɔma? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o, ke nyɔnu sia klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòtrɔ ɖe nyɔnua gbɔ la, egblɔ na Simon bena: Ele nyɔnu sia kpɔma? Meva aƒewò me, eye mèna tsim be, maklɔ nye afɔwo ŋuti o, ke eya la fa aɖatsi ɖe nye afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa hetutu wòe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu trɔ ɖe nyɔnua gbɔ azɔ gblɔ na Simon be: “Èle nyɔnu sia kpɔma? Esi mege ɖe aƒewò me la, mèku tsi nam be maklɔ afɔe o, ke nyɔnu sia fa aɖatsi ɖe nye afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu wo ŋui.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ Yesu trɔ ɖe nyɔnua ŋu eye wògblɔ na Simɔn be, “Ekpɔ nyɔnu si dze klo ɖe afi sia? Esi meva aƒewò me la, mèna tsim be maklɔ ɖi le nye afɔwo ŋu o, ke nyɔnu sia klɔ wo kple eƒe aɖatsiwo eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu woe.