Luke 7:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Elabena nye ŋutɔ hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye. Meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘Miyi afii’, eye woyina, ‘Miva afii’, eye wovana, megblɔna na nye dɔla be, ‘Wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Elabena nye hã menye ame le ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye, eye megblɔna na amesia be: Yi, eye wòyina, eye na ame bubu be: Va, eye wòvana, eye na nye dɔla be: Wɔ esia, eye wòwɔna.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elabe nye hã mele amegãwo te, eye asrafowo le nye hã tenye. Ne megblɔ na ame sia be, ‘Yi!’ la, eyina, eye ne megblɔ na kemɛa be, ‘Va!’ la, evana, eye ne megblɔ na nye dɔla la be, ‘Wɔ esia!’ la, ewɔnɛ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Elabena nye ŋutɔ hã ame aɖe tee mele eye amewo hã le tenye, meɖea gbe na tenyeviwo be, ‘miyi afii’ eye woyina, ‘miva afii’ eye wovana, megblɔna na nye dɔla be ‘wɔ esi kple ekemɛ’, eye wòwɔnɛ.”