Luke 8:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke egblɔ na wo be, “Miawo la, wona nunya mi be miase mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo gɔme, ke hena ame bubuwo la, meƒoa nu na wo le lododowo me ale be, “ ‘Ne wokpɔ nu la, womadze sii o, ne wose nu hã la, womase egɔme o.’ ”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke egblɔ bena: Miawo la wona mi bena, mianya mawufiaɖuƒe ƒe nu ɣaɣlawo, ke na ame bubuwo la le lododowo me bena, esi wole nu kpam la, ne woagakpɔe o, eye ne wole nu sem la, ne woagase egɔme o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
egblɔ na wo be: “Miawo ya la, woɖe nu si gɔme mekɔ ƒãa le Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋuti o la fia mi, ke ame siwo le egodo ya la, nu sia nu le lododo me na wo ale be: ‘Woakpɔ nu, agakpɔe ake, gake womadze sii o; woase nu, agasee ake, gake womase egɔme o.’ ”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke egblɔ na wo be, “Miawo la, wona nunya mi be miase mawufiaɖuƒe la ƒe nu ɣaɣlawo gɔme, ke hena ame bubuwo la, meƒoa nu na wo le lododowo me ale be, ‘Ne wokpɔ nu la, womadze sii o, ne wose nu hã la, womase egɔme o.’”