Luke 8:25 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa, eye vɔvɔ̃ lé wo. Ɖeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, be ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wògblɔ na wo bena: Afika miaƒe xɔse le? Eye esi wole vɔvɔ̃m la, woƒe mo wɔ yaa wole gbɔgblɔm na wo nɔewo bena: Ameka gɔ̃e nye esia? Elabena ede se na ya wo kple tsi, eye woɖo toe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yesu bia nusrɔ̃lawo be: “Miaƒe xɔse ɖe?” Ke wovɔ̃ hetsi yaa, eye wobia wo nɔewo be: “Ame ka gɔ̃e nye esia? Eɖea gbe na yaƒoƒo kple tsi kekeake hã, eye woɖoa toe!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ ebia eƒe nusrɔ̃lawo be, “Afi ka míaƒe xɔse le?” Wo katã ƒe mo wɔ yaa eye vɔvɔ̃ lé wo. Đeko wobia wo nɔewo be, “Ame kae nye ame sia, bena ya kple ƒutsotsoewo gɔ̃ hã ɖoa toe?”