Luke 8:35 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eteƒe medidi o la, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ, eye wòdo awu henɔ anyi ɖe Yesu ƒe afɔ nu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wodo go, be woakpɔ nusi va ve me, eye esi wova Yesu gbɔ la, wokpɔ amesi me gbɔgbɔ vɔ̃wo do go le la, ta ava hele anyinɔƒe le Yesu ƒe afɔ nu, eye eƒe mo ko, eye wovɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amewo do go yi be yewoakpɔ nu si dzɔ la ɖa. Wova Yesu gbɔ, eye wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo do go le la, wòbɔbɔ nɔ Yesu ƒe afɔnu. Ele awu me, eye eƒe mo kɔ. Tete wovɔ̃.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eteƒe medidi o, ameha gã aɖe va do be yewoakpɔ nu kple yewo ŋutɔ ƒe ŋkuwo. Wokpɔ ame si me gbɔgbɔ vɔ̃awo nɔ kpɔ la, eƒe mo kɔ eye wòdo awu hebɔbɔ nɔ Yesu ƒe afɔnu kpoo, esia wɔe be vɔvɔ̃ gã aɖe ɖo ameawo katã.