Luke 8:37 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Gadaratɔwo ƒe nutometɔwo katã ɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo, elabena vɔvɔ̃ lé wo. Ke Yesu ge ɖe ʋua me hedzo le afi ma.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete eye Gadara nutometɔwo katã va ɖe kuku nɛ be, wòadzo le yewo gbɔ; elabena vɔvɔ̃ gã lé wo; eye eya la, esi wòɖo ʋua la, egagbugbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Gadara-nutomenɔlawo katã va ɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo dome, elabe vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ. Tete Yesu ge ɖe tɔdziʋua me hetrɔ dzo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ameawo vɔ̃ ale gbegbe be woɖe kuku na Yesu be wòadzo le yewo gbɔ kpoo; ale Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ge ɖe ʋua me eye wotso ƒu la heyi go evelia dzi.