Luke 8:45 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye?” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o. Ke Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, aleke wɔ nàbia be ame kae ka asi ye ŋu?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesu gblɔ bena: Amekae nye amesi de asi ŋutinye mahã? Eye esi wo katã wosẽ nu la, Petro kple amesiwo kpe ɖe eŋu la, gblɔ bena: Amegã, amehawo mimi wò ɖo, eye wote ɖe dziwò, eye nèle gbɔgblɔm bena: Amekae de asi nunyea?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu bia be: “Ame kae ka asi ŋunye?” Ke esi ame aɖeke meɖo nya la ŋu o la, Petro gblɔ nɛ be: “Amegã, amehawoe mimi wò ɖo hele tutuwòm.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke Yesu trɔ bia be, “Ame kae ka asi ŋunye” Ame aɖeke melɔ̃ be yee o. Ke Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ ameha la mimi wò ɖo, eye wote ɖe ŋuwò kpokploe, ale ke wɔ nãbia be ame kae ka asi ŋunye hã?”