Luke 8:51 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be ame aɖeke nagage ɖe xɔ si me ɖevia le kple ye o negbe Petro, Yohanes, Yakobo kple ɖevia fofo kple dadaa ko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòva aƒea me la, meɖe mɔ na amea ɖeke be, wòava me kplii o, negbe Petro kple Yohanes kple Yakobo kpakple ɖevi la fofo kple dada ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yesu va ɖo aƒea me la, meɖe mɔ na ame aɖeke be wòage ɖe xɔa me kple ye o, negbe Petro, Yohanes, Yakobo kple ɖevia tɔ́ kpakple nɔa ɖeɖe ko.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi woɖo aƒea me la, Yesu de se be ame aɖeke nagage ɖe xɔ si me ɖevia le kple ye o, negbe Petro, Yohanes, Yakobo, kple ɖevia fofo kple dadaa ko.