Luke 9:11 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo, eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve, eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu, eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi amehawo dze sii la, wodze eyome, eye wòxɔ wo, eye wòƒo nu na wo le mawufiaɖuƒe ŋuti, eye amesiwo hiã gbedala la, eda gbe le wo ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi amehawo see la, wotii yi afi ma. Yesu xɔ wo, eye wòƒo nu na wo le Mawu ƒe fiaɖuɖu ŋuti heda gbe le dɔnɔ siwo le wo dome la ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Gake ame geɖewo nya afi si yim wonɔ xoxoxo eya ta wokplɔ wo ɖo. Exɔ wo alɔ eve eye wògade asi nufiafia wo me tso mawufiaɖuƒe la ŋu eye wòyɔ dɔ dɔnɔwo hã le wo dome.