Luke 9:14 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
(Wogblɔ esia, elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃.) Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke wo nu anɔ ŋutsu akpe atɔ̃. Eye wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo bena: Mina woabɔbɔ nɔ anyi le hahawo me, ɖesiaɖe blaatɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutsu abe akpe atɔ̃ ene nɔ afi ma. Yesu gblɔ na nusrɔ̃laawo be: “Mina ameawo nabɔbɔ nɔ anyi ɖe hatsotso hatsotso me. Hatsotso ɖeka nanye ame bla atɔ̃ lɔƒo.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wogblɔ esia elabena ameha la ƒe xexlẽme ade akpe atɔ̃. Yesu gblɔ na nusrɔ̃lawo be, “Migblɔ na ameawo be woanɔ anyi ɖe hatsotsowo me; ame abe blaatɔ̃ lɔƒo ene nenɔ hatsotso ɖeka me”