Luke 9:16 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea, eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ, eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòtsɔ abolo atɔ̃ la kple lã eveawo, eye esi wòkpo dziƒo la, eyra ɖe wo dzi, eye wòŋe wo me hetsɔe na nusrɔ̃viwo be, woatsɔ wo ana ameha la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple kalãmi eveawo, eye esi wòwu mo dzi la, eyra ɖe wo dzi, eye wòka wo hetsɔ wo na nusrɔ̃laawo be woama na ameha la.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ Yesu tsɔ abolo atɔ̃ kple tɔmelã evea eye wòwu mo dzi ɖe dziƒo heda akpe ɖe wo ta. Eŋe wo me kakɛkakɛ eye wòtsɔ wo na nusrɔ̃lawo be woatsɔ wo aɖo ameawo ƒe akɔme.