Luke 9:22 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eyi edzi gblɔ na wo be, “Ele be Amegbetɔ Vi la nakpe fu geɖe, eye dumegãwo, nunɔlagãwo kple sefialawo agbe nu le egbɔ. Woawui, gake agafɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
hegblɔ bena: Ele na Amegbetɔvi la be, woakpe fu geɖe, eye amegãwo kple nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo aɖo vloe, eye woawui, eye ŋkeke etɔ̃agbe la atsi tre.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ hã be: “Ele na Amegbetɔ Vi la be wòakpe fu geɖe. Amegãwo, nunɔlagãwo kple agbalẽfialawo agbee, eye woawui. Ke le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Mawu afɔe ɖe tsitre.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eyi dzi gblɔ na wo be, “Ele be nye Mesia la makpe fu geɖe. Yudatɔwo ƒe dumegãwo, Osɔfogãwo kple agbalẽfialawo agbe nu le gbɔnye. Woawum, ke magagbɔ agbe le ŋkeke etɔ̃a gbe.”