Luke 9:33 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” (Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.)
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòva ve me, esi wole dzodzom le egbɔ la, Petro gblɔ na Yesu bena; Amegã, enyo na mí bena, mianɔ afisia; eye míawɔ agbadɔ etɔ̃, tɔwo ɖeka, Mose tɔ ɖeka, kple Eliya tɔ ɖeka; eye menya nusi gblɔm wòle o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi ameawo le dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro, ame si menya nya si tututu le dodom le enu o la, gblɔ na Yesu be: “Amegã, enye dzidzɔ na mí ŋutɔ be míeva afii! Na míatu agbadɔ etɔ̃; tɔwò ɖeka, Mose tɔ ɖeka, eye Eliya hã tɔ ɖeka.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi ŋutsu eveawo nɔ dzodzom le Yesu gbɔ la, Petro gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, enyo be míeva afi sia. Na míatu agbadɔ etɔ̃, ɖeka na wò, ɖeka na Mose eye ɖeka na Eliya.” Evɔ Petro menya nya si gblɔm wònɔ o.