Luke 9:34 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, lilikpo aɖe va tsyɔ̃ wo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe lé wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wòle nusiawo gblɔm la, alilikpo va, eye wòdo vɔvɔli ɖe wo dzi; ke wovɔ̃, esi woyi ɖe alilikpo la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Petro le nu ƒom la, alilikpo aɖe ɖiɖi va do vɔvɔli ɖe wo dzi, eye esi woge ɖe eme la, vɔvɔ̃ ɖo wo.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wònɔ nya siawo gblɔm la, alilĩkpo keklẽ aɖe va tsyɔ wo dzi, eye vɔvɔ̃ gã aɖe lé wo.