Luke 9:39 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesĩe. Etsɔnɛ xlãna ɖe anyi sesĩe, ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia ɖea fu nɛ ɣe sia ɣi kloe, eye menana wòkpɔa vovo kura o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye kpɔ ɖa, gbɔgbɔa ɖe lénɛ, eye kasia wòdoa ɣli, eye wònyamanɛ ale bena, futukpɔ dona le enu, eye bebli hafi wòdzona le edzi, eye wògbãa lãme nɛ bliblibli.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gbɔgbɔ aɖe dzea edzi, eye wòdoa ɣli. Enyamanɛ, eye futukpɔ dona le enu, bebli hafi wòdzona le edzi, eye eƒe lã me gbãna gudugudu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke gbɔgbɔ vɔ̃ aɖe dzea edzi enuenu esi wɔnɛ be wòdoa ɣli sesĩe. Etsɔnɛ xlãna ɖe anyi sesĩe ale be futukpɔ dona le enu bɔbɔbɔ. Gbɔgbɔ vɔ̃ sia ɖea fu nɛ ɣesiaɣi kloe eye menana wòkpɔa vovo kura o.