Luke 9:41 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “O! Mi xɔse ʋɛ tɔ kple dzi me makɔmakɔtɔ siawo, ŋkeke neni wòle be manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwò ŋutsuvi la va afii.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yesu xɔ edzi gblɔ bena: O, dzidzime maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi! Ɣekaɣi dzi manɔ anyi kpli mi, eye mado dzi ahe mi ase ɖo mahã? Kplɔ viwò la va afisi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ be: “O dzidzime maxɔse totro kpaɖikpaɖi! Ɖe manɔ mia gbɔ ɖaa? Va se ɖe ɣe ka ɣi mado dzi ahe mi aɖase ɖo? Kplɔ viwò la va afii.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu xɔ edzi gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be, “O mi dzidzime maxɔse kple dzidzime totro kpaɖikpaɖi. Ɣekaɣi manɔ mia gbɔ eye mado dzi ahe mi ase ɖo? Kplɔ viwòŋutsuvi la va afii.”