Luke 9:42 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ŋutsuvi la gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me, eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wògbɔna la, gbɔgbɔ la hee ƒu anyi, eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu wo ɖe gbɔgbɔ bliba la ta, eye wòda gbe le ɖevi la ŋu, eye wòtsɔe na fofoa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi tɔ́a kplɔe gbɔnae la, gbɔgbɔ vɔ̃ la ƒo ŋutsuvia ƒu anyi henyamae. Ke Yesu blu ɖe gbɔgbɔ makɔmakɔ la ta, eye wòda gbe le ŋutsuvia ŋuti hetsɔe de asi na tɔ́a.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi ŋutsuvia gbɔna ɖe Yesu gbɔ la, gbɔgbɔ vɔ̃ la gaxlãe ɖe anyigba sesĩe eye wònyamae ŋutɔ. Ke Yesu ɖe gbe na gbɔgbɔ vɔ̃a be wòado go le ɖevia me eye wòdo le eme enumake; ale Yesu da gbe le ɖevia ŋu hetsɔe na fofoa.