Luke 9:48 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eye wògblɔ na wo be, “Ame si axɔ ɖevi sue sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ. Ke ame si axɔm la, exɔ ame si dɔm la; elabena ame si ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gãtɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wògblɔ na wo bena: Amesi ke axa ɖevi sia le nye ŋkɔ dzi la, nyee wòxɔ, eye amesi ke axɔm la, exɔ amesi dom la; elabena amesi ke nye suetɔ le mi katã dome la, eyae nye gatɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wògblɔ na wo be: “Ame sia ame si xɔ ɖevi sia le tanye la, nyee wòxɔ, eye ame si xɔm la, exɔ ame si dɔm ɖa la. Ame si nye suetɔ wu le mi katã mia dome la, eyae nye ame vevitɔ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eye wògblɔ na wo be," “Ame si akpɔ ɖevi sue abe esia ƒomevi ene dzi la, ekema nye dzie ma wòkpɔ. Ke ame si le dzinye kpɔm la, Mawu si dɔm ɖa lae ma dzi kpɔm wòle. Ale si miekpɔa ame bubuwo dzii lae woakpɔ hafi anya miaƒe gãnyenye.”