Luke 9:54 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yakobo kple Yohanes se nya sia la, wogblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, míɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fia woa?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi nusrɔ̃lawo, Yakobo kple Yohanes, kpɔe la, wogblɔ bena: Aƒetɔ, èlɔ̃ bena, miana dzo natso dziƒo, eye wòafiã wo mahã?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi eƒe nusrɔ̃la eve, Yakobo kple Yohanes, wokpɔe la, wogblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, èlɔ̃ ɖe edzi be míana dzo natso dziƒo ava fiã woa?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wova gblɔ nyaa na Yesu la, Yakobo kple Yohanes gblɔ na Yesu be, “Aƒetɔ, míaɖe gbe na dzo be wòatso dziƒo ava fĩa wo oa?”