Luke 9:57 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wonɔ mɔa dzi nɔ yiyim la, ame aɖe va tu Yesu gblɔ nɛ be, “Medi be makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nàyi la.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wole mɔ dzi yina la, amea ɖe gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, afisi ke nayi ɖo la, manɔ yowòme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wole mɔa dzi yina la, ame aɖe va gblɔ na Yesu be: “Afi sia afi si nàyi la, manɔ yowòme.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wonɔ mɔa dzi nɔ yiyim la, ame aɖe va tu Yesu gblɔ nɛ bena, “Medi be makplɔ wò ɖo ayi afi sia afi si nayi.”