Luke 9:8 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖewo hã nɔ gbɔgblɔm be, “Eliya ɖe eɖokui fia.” Ame bubuwo hã be, “Nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae fɔ tso ame kukuwo dome.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye ɖewo hã gblɔ bena: Eliya ɖe eɖokui fia; eye ame bubuwo gblɔ bena: Blema nyagblɔɖilaa ɖe gatsi tre.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖewo hã be Eliyae ɖe eɖokui fia, eye bubuwo hã be blema Mawu ƒe gbeƒãɖela aɖee gafɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame bubuwo hã nɔ gbɔgblɔm be, “Eliya alo nyagblɔɖila xoxoawo dometɔ ɖekae fɔ tso ame kukuwo dome.” Nya siawo ƒomevi nɔ ɖiɖim le anyigba blibo la dzi.