Malachi 1:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“O, nunɔla ɖeka pɛ hã mele mia dome si atu gbedoxɔ ƒe ʋɔtruwo, ale be miadzudzɔ vɔsanu madzemadze siawo tsɔtsɔ va vɔsamlekpui la dzi oa?” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe, “eye miaƒe nu mele ŋunye nyom kura o, eye miaƒe nunana aɖeke hã medze ŋunye o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi mia dometɔ ɖeka nahatu agboawo, be miaganɔ dzo dom ɖe nye vɔsamiekpui dzi ɖe yakatsyɔ teƒe o ɖe! Miaƒe nu medze ŋunye o, eye nyemele vɔsanua ɖeke dim tso; mia si o, Yehowa. Zebaot ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ɖe mia dometɔ ɖeka ayi aɖatu gbedoxɔa ƒe ʋɔwo be wòaxe mɔ na mi ne miadzudzɔ dzudzɔ ƒuƒlu dodo ɖe nye vɔsamlekpui dzi la, ne anyo wu. Fifia la, nu dzodzro ko wònye wɔm miele. Miaƒe nu medze ŋunye o. Ne mietsɔ vɔsanu aɖe va nam la, nyemaxɔe o. Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.