Malachi 1:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Miegblɔ be, ‘Mawusubɔsubɔ kple eƒe seawo dzi wɔwɔ sesẽ loo!’ Ale miegblɔ be, ‘yewomawɔ ɖe se siwo wòde na mi la dzi o,’ Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔe. “Mibu eŋuti kpɔ! Mietsɔ lã xɔabiwo, lã lédɔwo kple lã siwo mede blibo o la sa vɔe nam!” Yehowa be, “Enyo be maxɔ nunana sia tɔgbiwoa?
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Miele gbɔgblɔm be, eɖuɖu la, fuɖename wònye; eye mietsɔ adzonuwo, lã ɖixɔdrɔ̃wo kple lã lédɔwo va sa vɔe. Ɖe mele esia dim tso mia si mea? Yehowa ye gblɔe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miegagblɔ hã be: ‘Nu sia ti mí!’, eye mieɖo hehe ɖe tanye. Azɔ mietsɔ miaƒe adzonuwo alo lã nuwɔewo alo lã lédɔwo va sa vɔe nam. Ðe maxɔ nu siawo tso mia sia?