Malachi 1:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame si ɖe adzɔgbe be yeatsɔ lãtsu si de blibo le yeƒe lãhawo dome asa vɔe na Yehowa gake wòɖɔlii kple lã lédɔ la, fiƒode neva edzi wòaɖi eŋu kpekpekpe elabena nye la, Fiagãe menye eye ele be woatsɔ vɔvɔ̃ na nye ŋkɔ le dukɔwo dome.” Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ lae gblɔ nya siawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aɖl ameflula la ŋu kpekpekpe, nenye be, lãtsu le eƒe lãha me, eye wode adzɔgbe hetsɔ la nuwɔe wu na Aƒetɔ la! Elabena ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Fia gã menye, eye ŋɔdzi le nye ŋkɔ ŋu le dukɔwo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aɖi ameflula la ŋu kpékpekpe! Lãtsu si le eƒe lãha mee wòtsɔ ɖe adzɔgbe be yeanam, ke elé lã nuwɔe va wu nam ɖe eteƒe! Nye la, Fiagã menye, eye dukɔwo katã vɔ̃am.” Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla lae gblɔe.