Malachi 1:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Edom gblɔ be, “Togbɔ be wogbã mi hã la, míagatso aƒedoawo.” Ke Yehowa, Dziƒoʋakɔwo ƒe Aƒetɔ la agblɔ be, “Migbugbɔ tso duawo ne miate ŋui, gake magagbã wo, elabena woƒe dukɔa ŋkɔe nye, Nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba, ame siwo ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne Edom gblɔ be; Wogbã mí, ke míagatso aƒeɖoawo, ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ne wotsoe hã la, magbãe aƒu anye eye woayɔ wo be, „nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe anyigba“ kple „dukɔ, si ŋu Yehowa do dziku ɖo ɖikaa“.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne Edomtɔwo, ame siwo nye Esau ƒe dzidzimeviwo gblɔ be: “Togbɔ be wogbã míaƒe duwo hã, míagbugbɔ wo atso” la, Aƒetɔ, Aʋakɔwokplɔla la be: “Woate ŋu atui, ke magbãe aƒu anyi va se ɖe esime woanɔ wo yɔm be anyigba vɔ̃ɖi. Dukɔ si ŋu Aƒetɔ do dziku ɖo tegbee.”