Malachi 1:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
O, mi, Israelviwo, mitsa ŋku ne miakpɔ nu siwo wɔm Yehowa le, le xexea me godoo ekema miagblɔ be, ‘Nyateƒee, Yehowa ƒe ŋusẽ tri akɔ la gbɔ míaƒe liƒowo ŋu yi sãsãsã!’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye miakpɔe kple miaƒe ŋkuwo agblɔ hena; Yehowa tri akɔ gbɔ Israel ƒe anyigba ta!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miawo ŋutɔ miaƒe ŋkuwo akpɔ nu sia, eye miagblɔ be: “Aƒetɔ tri akɔ gbɔ Israel ƒe liƒowo ŋu gɔ̃ hã!”